Matthew 4

Abosam te Yesu kpɔ

(Marko 1:12-13; Luka 4:1-13)

1Le esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee akpɔ. 2Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie ŋutɔ.

3Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nàɖu.”

4Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’”

5Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tame ke, 6hegblɔ nɛ bena, “Be nàfia be Mawu Vi nènye la, ti kpo tso afi sia ne nàdze anyigba elabena, mawunya gblɔ bena, ‘Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe wò le yame be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’”

7Yesu gagblɔ nɛ bena, “Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”

8Le esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae. 9Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko.”

10Yesu blu ɖe Abosam ta bena, “Satana, te ɖa le gbɔnye, mèse mawunya gblɔ bena, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’” 11Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.

Yesu dze eƒe dɔ gɔme le Galilea

(Marko 1:14-15; Luka 4:14-15)

12Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea, 13ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me. 14Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Yesaya gblɔ da ɖi nu bena, 15“Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kpakple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo va se ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea 16miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.” 17Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la te tu aƒe vɔ!”

Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

(Marko 1:16-20; Luka 5:1-11)

18Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒua nu la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam elabena ɖɔkplɔlawoe wonye.

19Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.” 20Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo. 21Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo le ʋu me nɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.

22Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.

Yesu da gbe le ameha gã aɖe ŋu

(Luka 6:17-19)

23Yesu tsa le Galilea nutoa katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye afi sia afi si wòyi ko la eɖea gbeƒã dziƒofiaɖuƒe ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eyɔ dɔ, dɔ ƒomevi vovovo lélawo. 24Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔe nu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖa nye lãmevee, tsukuku, lãmetutu kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã. 25Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nutoa me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke.

Copyright information for EweBEE